Mark 4:35-41

Yesu tsi ahom nu le ƒudzi

(Mateo 8:23-27; Luka 8:22-25)

35Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒua ayi eƒe go evelia dzi.” 36Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wodze mɔ, hegblẽ ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. 37Esi wozɔ yina sẽ la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia wɔ be ƒutsotsoewo ŋe ɖe ʋua me ale gbegbe be wòsusɔ vie ko ʋua nanyrɔ̃. 38Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya mlɔ suɖui bɔbɔe aɖe dzi le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae kple vɔvɔ̃ be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔ̃m oa?”

39Yesu blu ɖe ya la ta enumake eye wòɖe gbe na ƒua hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake eye ƒua zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.

40Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifĩ laa hã, miexɔ dzinye se oa?”

41Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ŋutɔ gɔ̃e nye ame sia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

Copyright information for EweBEE